Luke 4:31-37

Yesu nya gbɔgbɔ makɔmakɔ le ŋutsu, gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe, me

(Marko 1:21-28)

31Yesu trɔ yi Kapernaum si nye du aɖe si le Galilea nuto me la me eye le afi sia egblɔ mawunya na amewo le Sabat ŋkeke ɖe sia ɖe dzi le wo ƒe ƒuƒoƒewo. 32Eƒe nyagbɔgblɔwo wɔ nuku na ameawo katã le afi sia hã, elabena eƒo nu abe ame si nya nyateƒe la ene, eye megblɔa ame bubuwo ƒe susu o.

33Gbe ɖeka esi Yesu nɔ mawunya gblɔm le ƒuƒoƒea la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le la de asi ɣlidodo me ɖe eta be, 34“Ago gbɔ! Wò Yesu Nazaretitɔ, nya aɖeke mele mí kpli wò dome o. Ɖe nèva be yeatsrɔ̃ mí. Menya ame si nènye, Mawu ƒe Vi kɔkɔe lae nènye.”

35Yesu tso nya la le enu be, “Zi ɖoɖoe!” Azɔ egblɔ na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Do go le ame sia me!” Gbɔgbɔ vɔ̃ la tsɔ ŋutsua xlã ɖe anyi ŋɔdzitɔe, ameha la ƒo zi ɖe eŋu henɔ ekpɔm. Ke gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le amea me eye megawɔ nuvevi aɖekee o.

36Esia wɔ nuku na ameawo ŋutɔ ale wobia wo nɔewo be, “Ŋusẽ ka ƒomevie le ame sia ƒe nyawo ŋu ale be gbɔgbɔ vɔ̃ ŋutɔwo gɔ̃ hã ɖoa toe?” 37Nukunu si Yesu wɔ la kaka ɖe nutoa katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.

Copyright information for EweBEE